2
Aƒetɔ la ƒe ŋuɖoɖo 
 1 Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; 
mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui. 
Yehowa ƒe ŋuɖoɖo 
 2 Yehowa ɖo eŋu nam be: 
“Ŋlɔ ɖeɖefia la da ɖi. 
Ŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi eme nakɔ 
ale be woate ŋu axlẽe bɔbɔe. 
 3 Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la 
elabena eƒo nu tso nuwuwu si 
le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; 
ke ne ehe ɖe megbe hã la, 
lalae elabena ava eme godoo, 
mada le edzi o. 
 4 “Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; 
nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; 
ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me. 
 5 Gawu la, wain ɖe hae, 
edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. 
Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene 
eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. 
Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui 
eye wòdo kluvi amewo katã. 
 6 “Ɖe amewo katã maɖia wo nu, aɖe alɔme le wo ŋu, ako wo ahagblɔ be: 
“ ‘Baba na ame si li kɔ nu siwo wofi ɖi 
eye wòwɔ eɖokui kesinɔtɔe to amebaba me. 
Ɣe ka ɣie nu siawo ayi edzi ase ɖo?’ 
 7 Ɖe wò fetɔwo matso ɖe ŋuwò kpata, 
ɖe womanyɔ ado ŋɔdzi na wò oa? 
Ekema àva zu woƒe nuhaha. 
 8 Esi mieha dukɔ geɖewo ta la 
ame siwo susɔ la aha miawo hã 
elabena miekɔ ʋu ɖi eye mietstrɔ̃ anyigbawo, 
duwo kple ame siwo le wo me. 
 9 “Baba na ame si tu sã to amebaba me, 
ne yeawɔ nɔƒe ɖe dziƒo ke be yeasi le gbegblẽ nu. 
 10 Ame geɖewo ƒe tsɔtsrɔ̃ tso mia gbɔ 
eya ta miedo ŋukpe miawo ŋutɔ 
ƒe aƒe, miebu miawo ŋutɔ ƒe agbe. 
 11 Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta 
eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la 
hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ. 
 12 “Baba na mi, mi ame siwo wu amewo 
eye miexɔ ga le amewo si tsɔ tso hlɔ̃dodui. 
 13 Ɖe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la 
meɖoe be amewo ƒe agbagbadzedzewo katã nabi 
le dzo me eye dukɔwo naka hiã wo ɖokui dzodzro oa? 
 14 Ke anyigba dzi ayɔ fũu kple sidzedze Yehowa 
ƒe ŋutikɔkɔe abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene. 
 15 “Baba na ame si na aha ehavi wòno 
eye wòku wain na ehavi wòno va se ɖe esime 
wòmu be yeakpɔ eƒe amame. 
 16 Azɔ eɖo wò hã dziwò. 
Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. 
Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò 
eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi. 
 17 Nu vlo si nèwɔ Lebanon la ava ƒo ɖe wò hã dziwò. 
Lã siwo katã nètsrɔ̃ la ado ŋɔdzi na wò 
elabena èkɔ ʋu ɖi eye nètsrɔ̃ anyigba 
kple duwo kple wo me nɔlawo katã. 
 18 “Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti 
alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? 
Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi 
elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o. 
 19 Baba na ame si gblɔ na atikpakpɛ be, ‘Gbɔ agbe!’ 
Alo na kpe si me agbe mele o be, ‘Nyɔ!’ 
Ɖe wòate ŋu afia mɔ amea? 
Wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃ nɛ 
gake agbegbɔgbɔ mele eme o.” 
 20 Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, 
xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.