4
Wotsɔ nya ɖe Israel ŋu 
 1 O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. 
Yehowa saba mi, eye nya siwo 
wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: 
Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu 
megale anyigba blibo la dzi o. 
 2 Mietaa nu, hedaa alakpa, wua ame, 
fia fi, eye miewɔa ahasi kpena ɖe eŋu. 
Ʋunyaʋunya kple amewuwu bɔ ɖe afi sia afi. 
 3 Esiawo tae miaƒe anyigba 
megale nuku wɔm o ɖo, 
anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, 
nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; 
lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m. 
 4 “Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu 
alo aka mo nɛ o, 
elabena wò dukɔ la le abe 
ame siwo le dzre wɔm 
kple nunɔlawo ene. 
 5 Eya ta mi kple míaƒe nyagblɔɖilawo 
miakli nu adze anyi le ŋdɔkutsu kple zã siaa, 
eye matsrɔ̃ mia dada Israel akpe ɖe mia ŋu. 
 6 Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, 
nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, 
nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, 
eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, 
nye hã maŋlɔ mia viwo be. 
 7 Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, 
zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, 
eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo. 
 8 Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, 
eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene, 
 9 eya ta ale wòle: 
Nunɔlawo kple ameawo katã sɔ, 
elabena nunɔlaawo vɔ̃ɖi, eye ameawo hã vɔ̃ɖi. 
Esia ta, mahe to na nunɔlaawo 
kple ameawo siaa le woƒe nu vɔ̃ɖiwo ta. 
 10 “Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o. 
Woawɔ gbolo, gake womadzi ɖe edzi o, 
elabena wogbe nu le Yehowa gbɔ, 
 11 eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, 
kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo. 
 12 Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la 
be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. 
Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. 
Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, 
elabena wowɔ ahasi, 
gbe nu le woƒe Mawu gbɔ 
hedze mawu bubuwo yome. 
 13 Wosaa vɔ le towo tame, 
eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi, 
le ati gãwo ƒe vɔvɔli fafɛ te. 
Afi siae viwò nyɔnuwo wɔa gbolo le, 
eye wò toyɔvi nyɔnuwo wɔa ahasi le. 
 14 “Nu ka ta nyemahe to na wo 
ne wole ahasi wɔm o? 
Elabena ŋutsuwo ŋutɔ hã dɔna kple gbolowo, 
eye wosaa vɔ kple gbolowo. 
Ale ame siwo nye bometsilawo la atsrɔ̃. 
 15 “Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, 
esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. 
“Mègayi Gilgal o, 
eye mègayi Bet Aven o. 
Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o. 
 16 Mèganɔ abe Israel ene o, 
wole abe nyitsu dzeaglã ene ɖe Yehowa ŋu, 
ɖe Yehowa ate ŋu akplɔ wo yi gbe 
damawo dzi abe alẽvi enea? 
 17 Mègate ɖe Efraim ŋu kura o, 
elabena edo ka kple legbawo. 
 18 Ne Israel ŋutsuwo no aha tsu vɔ la, 
ekema woyia gbolowo gbɔ. 
Woƒe kplɔlawo lɔ̃a ŋukpenanuwo wɔwɔ, 
 19 eya ta ya sesẽ aɖe ava ƒo wo adzoe, 
eye woƒe vɔsawo ahe ŋukpe vɛ na wo.