5
Debora ƒe hadzidzi 
 1 Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti. 
 2 “Mikafu Yehowa! 
Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe. 
Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe! 
Ɛ̃, mikafu Yehowa! 
 3 “Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo, 
mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu, 
tso Israel ƒe Mawu la ŋu. 
 4 Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir 
Heto Edom ƒe anyigba dzi la, 
anyigba dzo nyanyanya, 
dziƒo nu ʋu eye tsi dza. 
 5 Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe 
le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume! 
 6 “Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me, 
asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o. 
Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ. 
 7 Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo. 
Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada. 
 8 Esime Israel dze mawu bubuwo yome la, 
futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. 
Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o 
womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura 
le Israelvi akpe blaene dome o! 
 9 Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta, 
ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa! 
Mikafu Yehowa! 
 10 “Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, 
hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo 
ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi 
kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, 
mikpe ta, miakafui. 
 11 Hadzila siwo le kɔƒewo me, 
ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ 
dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti. 
Wodzia ha enuenu 
tso ale si Yehowa ɖe Israel 
kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu! 
Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me! 
 12 Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha! 
Oo, Barak, tsi tsitre! 
Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe! 
 13 “Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ; 
Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ. 
 14 Wotso Efraimnyigba dzi va balimea 
le Benyamin ƒe viwo megbe. 
Aʋakplɔlawo va tso Makir 
aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon 
 15 Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak, 
ɖiɖi ɖe balime la 
le Mawu ƒe ɖoɖo nu. 
Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o. 
 16 Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ 
be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum? 
Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome: 
ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia? 
 17 Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo 
Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ? 
Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta 
dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo? 
 18 Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo 
tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi. 
 19 Kanaan fiawo wɔ aʋa 
le Taanak kple Megido vudowo gbɔ, 
ke womeɖu futɔwo dzi o. 
 20 Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo 
wɔ aʋa kple Sisera. 
 21 Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo 
kplɔ wo dzoe. 
Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ! 
 22 Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa! 
Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa! 
 23 Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo 
elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu 
wɔ aʋa kple futɔwo o.’ 
 24 “Woayra Yael, 
Heber, Kenitɔ la srɔ̃ 
woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te. 
 25 Sisera bia tsii 
eye wòna nyinotsii 
eye wòtsɔ nyinotsi babla 
ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ. 
 26 Edo eƒe asi ɖa 
tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi 
tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu, 
edae ɖe Sisera dzi 
hegbã ta nɛ, 
eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu 
 27 Sisera dze anyi 
ɖe Yael ƒe afɔ nu 
etsi afi si wòdze anyi ɖo. 
Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu, 
afi si wòmu ɖo la, 
afi mae wòdze anyi ɖo 
eye afi mae wòku ɖo. 
 28 “Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm 
tso fesrenuvɔ la megbe 
edo ɣli be, 
‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o? 
Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’ 
 29 Eƒe nyɔnu ɖeka si dze 
nunya wu wo katã la, 
ɖo eŋu nɛ, vavã, 
enɔ gbɔgblɔm na eɖokui 
ɣe sia ɣi be, 
 30 ‘Ɖe menye afunyinu 
geɖe lɔm wole hele mamam 
nyɔnuvi ɖeka alo eve 
na ŋutsu ɖe sia ɖe, 
atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera 
abe nuhaha ene, 
atsyɔ̃ɖowu siwo to 
wolɔ̃ nu ɖo, 
wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie 
be woadze kɔme nam 
eye esiawo katã nanye 
nuhaha oa?’ 
 31 “Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema 
ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la, 
na be woanɔ abe ɣe ene 
ne edze le eƒe ŋusẽ me!” 
Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.