3
Hiob ƒo nu 
 1 Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe.  2 Egblɔ be, 
 3 “Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃, 
nenema ke nye zã si me wogblɔ be, 
‘Wodzi viŋutsu na mí!’ 
 4 Ŋkeke ma nezu viviti, 
Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o, 
kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o. 
 5 Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe, 
lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi. 
 6 Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã ma 
eye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo me 
alo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o. 
 7 Zã ma netsi ko 
eye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o. 
 8 Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la, 
neƒo fi de ŋkeke ma, 
ame siwo le klalo be 
woade adã ta me na ʋɔ driba la. 
 9 Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti, 
kekeli si lalam wòle la megado nɛ o 
eye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o, 
 10 elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye, 
be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o. 
 11 “Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe 
eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o? 
 12 Nu ka ta ata aɖewo le klalo be 
woakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano? 
 13 Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me, 
le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme. 
 14 Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ, 
ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo. 
 15 Anye ne mele dziɖula siwo si sika le 
eye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ. 
 16 Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, 
abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o? 
 17 Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le 
eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le. 
 18 Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe me 
eye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o. 
 19 Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi ma 
eye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me. 
 20 “Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawo 
eye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam? 
 21 Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim, 
evɔ mevana na wo o 
kple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla 
 22 kple ame siwo kpɔa dzidzɔ, 
tsoa aseye ne woɖo yɔdo me? 
 23 Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣla 
kple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo? 
 24 Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe 
eye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene. 
 25 Nu si mevɔ̃ na la va dzinye 
eye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye. 
 26 Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o, 
negbe ʋunyaʋunya ko.”