10
 1 “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, 
eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa 
eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me. 
 2 Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o 
gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam. 
 3 Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, 
be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe 
eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa? 
 4 Ŋutilãmeŋkue le tawòa? 
Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ 
kodzogbea kpɔa nu enea? 
 5 Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene 
alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene, 
 6 be nàtsa adi nye vodadawo, 
aku nye nu vɔ̃wo gɔme, 
 7 evɔ nènya be nyemedze agɔ o 
eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa? 
 8 “ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem. 
Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma? 
 9 Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. 
Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia? 
 10 Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene 
eye nèna mebla abe notsi babla ene oa? 
 11 Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye 
eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo 
kple lãmekawo ŋuti oa? 
 12 Èna agbem henyo dɔ me nam 
eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti. 
 13 “ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me 
eye menya be esia le wò susu me be, 
 14 Ne mewɔ nu vɔ̃ la, 
wò ŋkuwo anɔ ŋutinye 
eye màgbe tohehe nam 
le nye vodada ta o. 
 15 Ne meɖi fɔ la, baba nam! 
Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, 
nyemate ŋu afɔ mo dzi o 
elabena ŋukpe yɔ menye fũu 
eye menyrɔ ɖe nye vevesese me. 
 16 Ne mefɔ mo dzi la, 
ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene 
eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la 
fiana ɖe ŋutinye. 
 17 Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye 
eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, 
ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe 
wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene. 
 18 “ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? 
Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, 
adzɔ dzi nam ŋutɔ, 
anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o. 
 19 Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye 
ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta! 
 20 Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? 
Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe, 
 21 hafi ayi demagbɔnugbe, 
ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi, 
 22 anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, 
teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, 
afi si kekeli le ko abe viviti ene.’ ”