25
Bildad ƒe nuƒo 
 1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be, 
 2 “Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, 
eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo. 
 3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? 
Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o? 
 4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? 
Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe? 
 5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o 
eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la, 
 6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi 
kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”