27
 1 Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be, 
 2 “Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, 
ame si do vevesese na nye luʋɔ be, 
 3 zi ale si agbe le menye, 
Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la, 
 4 nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o 
eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o. 
 5 Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o 
va se ɖe esi maku la, 
nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o. 
 6 Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa 
eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. 
Zi ale si mele agbe la, 
nye dzitsinya mado vlom o. 
 7 “Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene 
eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene! 
 8 Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa 
eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa? 
 9 Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, 
ne eɖo xaxa mea? 
 10 Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? 
Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia? 
 11 “Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti 
eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o. 
 12 Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. 
Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo? 
 13 “Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo 
kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. 
 14 Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, 
woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo 
makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o. 
 15 Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ 
eye woƒe ahosiwo mafa na wo o. 
 16 Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, 
wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la, 
 17 ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe 
eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo. 
 18 Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui 
ƒe azi si wòƒo teti ko la ene 
eye wòanɔ abe zãɖialawo 
ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene. 
 19 Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene 
gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o 
elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, 
naneke megali o. 
 20 Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene 
eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me. 
 21 Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, 
ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe. 
 22 Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, 
esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe. 
 23 Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe 
eye wònyae ɖa le enɔƒe.”