29
 1 Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be, 
 2 “O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe 
ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene, 
le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye, 
 3 esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi 
eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me! 
 4 O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene, 
esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe, 
 5 esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim ko 
eye vinyewo ƒo xlãm, 
 6 esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe 
eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam. 
 7 “Ne meyi dua ƒe agbo nu, 
henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, 
le dua ƒe ablɔme la, 
 8 ɖekakpuiawo kpɔam, 
heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu, 
 9 dumegãwo tɔna ne wole nu ƒom 
hetsɔa asi ɖoa nu. 
 10 Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo 
eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me. 
 11 Ame sia ame si ɖo tom la kafuam 
eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye 
 12 elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be 
woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o. 
 13 Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye 
eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. 
 14 Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene 
eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu. 
 15 Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ 
kple afɔ na tekunɔ. 
 16 Menye tɔ na hiãtɔwo 
eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu. 
 17 Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo 
eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame. 
 18 “Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me, 
nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene. 
 19 Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ 
eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la. 
 20 Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye 
eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’ 
 21 “Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm, 
nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me. 
 22 Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu o 
eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ. 
 23 Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene 
eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me 
abe ale si wonoa kelemetsi ene. 
 24 Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o, 
nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo. 
 25 Metiaa mɔ si woato la na wo, 
menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene 
eye menɔa wo dome abe woƒe fia le 
eƒe aʋakɔwo dome ene. 
Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.