31
 1 “Mebla nu kple nye ŋku be 
megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o. 
 2 Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso 
Mawu si le dziƒo la gbɔ 
kple eƒe domenyinu tso 
Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ? 
 3 Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo 
kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa? 
 4 Ɖe mekpɔ nye mɔwo 
eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa? 
 5 “Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me 
alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la, 
 6 ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi 
eye wòanya be nyemeɖi fɔ o. 
 7 Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi, 
nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo 
alo nye asiwo ƒo ɖi la, 
 8 ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã 
eye woneho nye nukuwo le bo dzi. 
 9 “Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi 
alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la, 
 10 ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu 
eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii. 
 11 Elabena esia anye ŋukpenanu 
kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃. 
 12 Enye dzo si bina hena gbegblẽ, 
eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi. 
 13 “Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo 
kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la, 
 14 nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem? 
Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta? 
 15 Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa? 
Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã 
ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa? 
 16 “Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo 
alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu, 
 17 nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la, 
eya ko woagblɔ nya aɖe, 
 18 evɔ la tso nye ɖekakpuime ke, 
menyi tyɔẽviwo abe fofo ene 
eye tso nye ɖevime ke, 
mefia mɔ ahosiwo. 
 19 Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta 
alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o 
 20 eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ 
kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o, 
 21 ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be 
woxɔa nye nya le ʋɔnu la, 
 22 ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu 
eye wòaŋe le ekpeƒe. 
 23 Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam, 
eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o. 
 24 “Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu 
alo megblɔ na sika nyuitɔ be, 
‘Wòe nye nye sitsoƒe,’ 
 25 nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta, 
nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ, 
 26 nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm 
alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃, 
 27 ale be woflu nye dzi le adzame 
eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo, 
de bubu wo ŋu la, 
 28 ekema esiawo hã anye nu vɔ̃ 
siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu, 
elabena adze ċa be 
nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o. 
 29 “Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le 
nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu 
alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la, 
eya ko magblɔ nya aɖe. 
 30 Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be 
wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o. 
 31 Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be, 
‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la, 
anye ne enye nya bubu 
 32 elabena mele na amedzro aɖeke be 
wòatsi mɔto adɔ o 
elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi 
ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo. 
 33 Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃ 
abe ale si amewo wɔna ene, 
be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me, 
 34 elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ 
eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be, 
mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la, 
anye ne enye nya bubu kura. 
 35 “O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe! 
Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te, 
azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam, 
ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ 
nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi. 
 36 Vavã malée ɖe nye abɔta 
eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene. 
 37 Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti 
eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene. 
 38 “Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye 
eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi, 
 39 nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee 
alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la 
ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la, 
 40 ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe 
eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.” 
Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.