34
 1 Tete Elihu gblɔ be, 
 2 “Mise nye nyawo, mi nunyalawo, 
miɖo tom, mi nugɔmeselawo, 
 3 elabena to doa nyawo kpɔ 
abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene. 
 4 Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui 
eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae. 
 5 “Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o 
gake Mawu gbe afiatsotso nam 
 6 Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe, 
togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, 
eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’ 
 7 Ame kae le abe Hiob, 
ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene? 
 8 Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo 
eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo. 
 9 Elabena egblɔ be, 
‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be 
yeadze Mawu ŋu o.’ 
 10 “Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo. 
Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi 
kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ. 
 11 Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu 
eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii. 
 12 Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be 
Mawu awɔ nu gbegblẽ 
alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o. 
 13 Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae? 
Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu? 
 14 Ne enye eƒe tameɖoɖo 
eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ 
kple agbegbɔgbɔ dzi la, 
 15 amegbetɔwo katã atsrɔ̃ 
eye ame atrɔ azu anyi. 
 16 “Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia, 
lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti. 
 17 Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua? 
Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la? 
 18 Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be, 
‘Mienyo na naneke o’ 
eye na bubumewo be, 
‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa, 
 19 ame si medea amegãwo dzi o 
eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, 
gblẽa ame dahewo ɖi o, 
elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa? 
 20 Wokuna kpata le zãtitina, 
ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina 
ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee. 
 21 “Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu, 
ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe. 
 22 Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli 
si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o. 
 23 Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ 
alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o. 
 24 Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo, 
eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o. 
 25 Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu 
eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me, 
eye wogbãna gudugudugudu. 
 26 Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, 
le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le 
 27 elabena wotrɔ le eyome 
eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o. 
 28 Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, 
ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo 
 29 Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? 
Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? 
Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe, 
 30 be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o 
eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o. 
 31 “Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be, 
‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o. 
 32 Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam, 
ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’ 
 33 Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu, 
esi nègbe be yematrɔ dzi me oa? 
Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o 
eya ta gblɔ nu si nènya la nam. 
 34 “Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala 
siwo se nye nyawo la gblɔ nam be, 
 35 ‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe 
eye susu mele eƒe nyawo me o.’ 
 36 O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu, 
be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ! 
 37 Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, 
esia akpe fewuɖutɔe le mía dome 
eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”