4
Yehowa ƒe to la 
 1 Le ŋkeke mamlɛawo me la, 
woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ 
le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. 
Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta 
eye amewo aƒo zi ɖe eŋu. 
 2 Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, 
“Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi 
le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. 
Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” 
Nufiame atso Zion ava 
eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava. 
 3 Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, 
eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe 
kple didiƒe siaa la dome ɖo. 
Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, 
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. 
Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu 
alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o. 
 4 Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ 
ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; 
eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o 
elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 
 5 Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me 
gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe. 
Yehowa ƒe ɖoɖo 
 6 Yehowa be, 
“Le ŋkeke ma dzi la, 
maƒo tekunɔwo, 
aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu. 
 7 Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, 
eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. 
Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi 
le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee. 
 8 Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, 
O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, 
dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. 
Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene 
eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.” 
 9 Azɔ nu ka ta nèle avi fam 
eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? 
Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? 
Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem 
abe nyɔnu si le ku lém la enea? 
 10 O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, 
nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, 
elabena tso azɔ dzi yina la, 
àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, 
woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me 
le Babilonianyigba dzi, 
gake le afi sia la, maɖe wò. 
Le afi ma la, 
Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me. 
 11 Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ 
babla ɖe mia ŋuti; 
Wogblɔ be: 
“Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.” 
 12 Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o, 
eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o. 
Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa 
lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene. 
 13 “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu 
elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, 
wò afɔkli nanye akɔbli 
eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” 
Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa 
kple woƒe kesinɔnuwo ŋu 
na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.