2
Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe 
 1 Vinye, ne èxɔ nye nyawo 
eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò, 
 2 ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu 
hetsɔ wò dzi na gɔmesese, 
 3 ne èyɔ sidzedze 
eye nèdo ɣli na gɔmesese, 
 4 ne èdii abe klosalo 
alo kesinɔnu si woɣla ene la, 
 5 ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme 
eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu 
 6 elabena Yehowae naa nunya, 
eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me. 
 7 Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo 
eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, 
 8 elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu 
eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta. 
 9 Ekema àse nu si nyo, 
le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, 
ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme, 
 10 elabena nunya age ɖe wò dzi me, 
eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ. 
 11 Tamebubu nyui akpɔ tawò, 
eye gɔmesese adzɔ ŋuwò. 
 12 Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, 
tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me, 
 13 ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna 
le mɔ doblukɔwo dzi, 
 14 ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, 
eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu, 
 15 ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ 
eye wotrana le woƒe mɔwo dzi. 
 16 Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me 
kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me 
 17 ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi 
eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii 
le Mawu ŋkume la dzi o 
 18 elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me 
eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ. 
 19 Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo 
alo gena ɖe agbemɔ la dzi o. 
 20 Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi 
eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi. 
 21 Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi 
eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi 
 22 gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi 
eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.