4
Nunya ƒo nuwo katã ta 
 1 Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; 
miɖo to ne miaxɔ gɔmesese. 
 2 Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam 
eya ta migagbe nye nufiafia o. 
 3 Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me 
kple vi ɖekɛ na danye la, 
 4 efia num hegblɔ be, 
“Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, 
lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe. 
 5 Dze nunya, di gɔmesese, 
mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o. 
 6 Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, 
lɔ̃e ekema akpɔ tawò. 
 7 Nunya ƒo nuwo katã ta 
eya ta dze nunya. 
Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, 
di gɔmesese. 
 8 De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, 
xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò. 
 9 Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene 
eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.” 
 10 Ɖo to afii, vinye, 
ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu. 
 11 Mele nunya ƒe mɔ fiam wò 
eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo. 
 12 Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò 
afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o. 
 13 Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; 
dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò. 
 14 Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo 
alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o. 
 15 Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, 
lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle 
 16 elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, 
womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o 
va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi. 
 17 Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo 
eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain. 
 18 Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, 
eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie. 
 19 Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene 
eye womenya nu si na wole nu klim o. 
 20 Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu 
eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu. 
 21 Mègana woadzo le wò ŋkume o, 
ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me, 
 22 elabena wonye agbe na ame siwo 
ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la. 
 23 Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, 
elabena eyae nye agbe ƒe vudo. 
 24 Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, 
eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ. 
 25 Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe 
eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. 
 26 Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo 
eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ. 
 27 Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, 
eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.