Psalmo 4
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. 
 1 Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, 
tɔ nam ne meyɔ wò. 
Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; 
kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa. 
 2 O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie 
miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? 
Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, 
ahadze aʋatsomawuwo yome? 
Sela
  3 Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, 
eya ta Yehowa asee, ne meyɔe. 
 4 Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; 
ne miele miaƒe abawo dzi la, 
midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. 
Sela
  5 Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, 
eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. 
 6 Ame geɖewo le biabiam be, “Ame kae afia nu nyui aɖe mí?” 
Na wò mo ƒe kekeli naklẽ ɖe mía dzi, O! Yehowa. 
 7 Ètsɔ dzidzɔ gã aɖe yɔ nye dzi me wu ame siwo bli 
kple wain yeye do agbogbo na. 
 8 Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, 
elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.