Psalmo 6
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu. 
 1 O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me 
alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o. 
 2 Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. 
O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem. 
 3 Nye luʋɔ le nuxaxa me. 
Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, 
va se ɖe ɣe ka ɣi? 
 4 O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; 
ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. 
 5 Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. 
Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? 
 6 Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; 
metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, 
eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele. 
 7 Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; 
womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta. 
 8 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, 
elabena Yehowa se nye avifafa. 
 9 Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; 
Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve. 
 10 Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; 
woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.