Psalmo 13
David ƒe ha na hɛnɔ la. 
 1 O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? 
Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? 
Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem? 
 2 Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, 
eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? 
Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye? 
 3 Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, 
O! Yehowa, nye Mawu. 
Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, 
ne menye nenema o la, 
madɔ alɔ̃ ayi ku me. 
 4 Ekema nye futɔwo agblɔ be, 
“Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi. 
 5 Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, 
nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti. 
 6 Madzi ha na Yehowa, 
elabena ewɔ nyui nam.