Psalmo 24
David ƒe ha. 
 1 Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, 
xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ. 
 2 Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, 
eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli. 
 3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? 
Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la? 
 4 Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, 
ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, 
eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o. 
 5 Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, 
eƒe Ɖela la, atso afia nɛ. 
 6 O! Yakob ƒe Mawu, 
aleae dzidzime si dia wò, 
eye wòdia ŋkuwòme la le. 
Sela
  7 O! Mi agbowo, miʋu; 
mi blemaʋɔtruwo, miʋu, 
ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. 
 8 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? 
Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, 
Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae. 
 9 O! Mi agbowo, miʋu; 
mi blemaʋɔtruwo, miʋu, 
ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme. 
 10 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? 
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. 
Sela.