Psalmo 30
David ƒe ha na gbedoxɔ la ŋutikɔkɔ. 
 1 O! Yehowa, mado wò ɖe dzi, 
elabena wòe hem do goe tso ʋe globo me, 
eye mèna mezu nu ɖikokoe na nye futɔwo o. 
 2 O! Yehowa, nye Mawu, 
mebia kpekpeɖeŋu tso gbɔwò, eye nèyɔ dɔm. 
 3 O! Yehowa, wòe ɖem tso tsiẽƒe, 
eye mèna meyi aʋlime o. 
 4 Midzi ha na Yehowa, 
mi eƒe ame kɔkɔewo, 
eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. 
 5 Elabena medoa dɔmedzoe eteƒe didina o, 
ke eƒe amenuveve ya nɔa anyi agbenɔɣi katã. 
Avifafa anɔ anyi le zã me, 
gake aseyetsotso ava le ŋdi me. 
 6 Esi mekpɔ be meli ke la, megblɔ be, 
“Nye la, nyemaʋuʋu kpɔ gbeɖe o.” 
 7 O! Yehowa, esi nève nunye la, 
èna nye to li ke zã, 
gake esi nèɣla wò ŋkume ɖem la, 
nye mo tsi dãa. 
 8 Yehowa, wòe meyɔ, 
Yehowae medo ɣli na be wòakpɔ nublanui nam. 
 9 “Viɖe kae le eme ne donyeme 
gblẽ alo ne meyi ɖe aʋlime? 
Ɖe ʋuʋudedi akafu wòa? 
Ɖe wòaɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔa? 
 10 See, O! Yehowa, eye nàkpɔ nye nublanui; 
O! Yehowa, kpe ɖe ŋunye.” 
 11 Èna nye avifafa zu ɣeɖuɖu; 
èɖe akpanya le ŋutinye hetsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do nam, 
 12 ale be nye dzi nadzi ha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. 
O! Yehowa, nye Mawu, 
mada akpe na wò tegbetegbe.