Psalmo 47
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. 
 1 Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. 
Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli. 
 2 Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, 
eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi! 
 3 Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, 
eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te. 
 4 Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, 
ame si wòlɔ̃. 
Sela
  5 Mawu yi dzi kple aseyetsotso, 
Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi. 
 6 Midzi kafukafuhawo na Mawu, 
midzi kafukafuhawo; 
midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, 
midzi kafukafuhawo, 
 7 elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, 
midzi kafukafuha nɛ. 
 8 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. 
Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. 
 9 Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi 
abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, 
elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, 
elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.