Psalmo 61
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. 
 1 Se nye ɣlidodo, O Mawu, 
eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu. 
 2 Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, 
meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; 
azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi, 
 3 elabena wòe nye nye sitsoƒe 
kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta. 
 4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, 
eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. 
Sela
  5 O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, 
eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam. 
 6 Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, 
eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo. 
 7 Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, 
eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta. 
 8 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, 
eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.