Psalmo 67
Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. 
 1 Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, 
na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, 
Sela
  2 Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi 
kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. 
 3 O! Mawu, dukɔwo akafu wò, 
anyigbadzidukɔwo katã akafu wò. 
 4 Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, 
elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, 
eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. 
Sela
  5 Mawu, dukɔwo katã akafu wò; 
wòe dukɔwo katã akafu. 
 6 Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, 
míaƒe Mawu la ayra mí. 
 7 Mawu ayra mí, eye anyigba 
ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.