Psalmo 70
David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe. 
 1 O! Mawu, netsɔ nàɖem; 
O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam. 
 2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo 
le nye agbe yome tim la dzi. 
Ame siwo le nye gbegblẽ dim la 
negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. 
 3 Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, 
“Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la 
natrɔ megbe adzo kple ŋukpe. 
 4 Ke ame siwo dia wò la netso aseye; 
woakpɔ dzidzɔ le mewò, 
eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, 
“Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!” 
 5 Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, 
eya ta va gbɔnye kaba. 
O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, 
elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.