Psalmo 75
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. 
 1 O! Mawu, míeda akpe na wò, 
míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, 
eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia. 
 2 Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, 
elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me. 
 3 Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, 
nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. 
Sela
  4 Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, 
‘Midzudzɔ dada,’ 
eye na ame vɔ̃ɖi be, 
‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o. 
 5 Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, 
eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ” 
 6 Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, 
ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o, 
 7 ke boŋ Mawue nye afiatsola, 
eɖea ame sia le zi dzi, 
eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi. 
 8 Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, 
wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; 
ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, 
wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia. 
 9 Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; 
madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la; 
 10 maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, 
ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.