Psalmo 82
Asaf ƒe ha. 
 1 Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, 
eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome. 
 2 “Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, 
eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” 
Sela
  3 “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, 
eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to. 
 4 Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, 
eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. 
 5 “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. 
Wole zɔzɔm le blukɔ me, 
eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu. 
 6 “Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; 
mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’, 
 7 gake miaku abe amegbetɔwo ko ene 
eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.” 
 8 O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la 
elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.