Psalmo 87
Korah ƒe viwo ƒe ha. 
 1 Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi. 
 2 Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo 
wu Yakob ƒe nɔƒewo katã. 
 3 O! Mawu ƒe du, 
wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. 
Sela
  4 “Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe 
ame siwo nyam la dome, 
nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, 
magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ ” 
 5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, 
“Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, 
eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.” 
 6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, 
“Wodzi esia le Zion.” 
Sela
  7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, 
“Nye agunuwo katã le mewò.”