Psalmo 93
 1 Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye, 
Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi. 
Eli ke xexea me, maʋã o. 
 2 Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke, 
eye nèli tso mavɔ me ke. 
 3 Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa, 
atsiaƒuwo le ɣli dom, 
atsiaƒuwo dze agbo, 
eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem. 
 4 Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, 
ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, 
Yehowa le dziƒo tri akɔ. 
 5 Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ; 
O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃ 
na wò aƒe ɣeawo katã ɣi.