Psalmo 110
David ƒe ha. 
 1 Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, 
“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, 
va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo 
awɔ wò afɔɖodzinui.” 
 2 Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, 
eye àɖu fia le wò futɔwo dome. 
 3 Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. 
Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, 
si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, 
axɔ wò ɖekakpuimezãmu. 
 4 Yehowa ka atam, 
eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be 
“Wòe nye nunɔla tegbee, 
le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.” 
 5 Aƒetɔ la le wò nuɖusime, 
agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi. 
 6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, 
nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi. 
 7 Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, 
eya ta afɔ eƒe ta dzi.