Psalmo 114
 1 Esi Israel do go tso Egipte, 
esi Yakob ƒe aƒe la do go 
tso gbe bubu gblɔlawo dome la, 
 2 Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe, 
eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe. 
 3 Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, 
Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe. 
 4 Towo ti kpo abe agbowo ene, 
eye togbɛwo abe alẽviwo ene. 
 5 O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, 
O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo? 
 6 Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene, 
eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo? 
 7 O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume, 
le Yakob ƒe Mawu la ŋkume, 
 8 eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu 
kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.