Psalmo 142
David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa. 
 1 Medo ɣli na Yehowa sesĩe, 
eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui. 
 2 Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume, 
eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ. 
 3 Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, 
wò koe nya nye mɔ. 
Ŋutsuwo tre mɔ 
ɖe mɔ si metona la dzi nam. 
 4 Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ; 
ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. 
Bebeƒe aɖeke meli nam o, 
eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. 
 5 O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. 
Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, 
kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.” 
 6 Ɖo to nye ɣlidodo, 
elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. 
Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, 
elabena wosesẽ nam akpa. 
 7 Ɖem tso nye gaxɔ me, 
be makafu wò ŋkɔ. 
Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, 
le wò nyui si nèwɔ nam la ta.