5
 1 “Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe 
gake ame kae atɔ na wò? 
Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo? 
 2 Tosesẽ wua bometsila 
eye ŋubiã wua numanyala. 
 3 Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom 
gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe. 
 4 Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo, 
wobua fɔe le ʋɔnu 
eye ame aɖeke meli aʋli eta o. 
 5 Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, 
woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã 
eye ame siwo wum tsikɔ le la 
ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu. 
 6 Elabena fukpekpe medoa go tso ke me 
alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o. 
 7 Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, 
nenemae wodzi ame na hiãtuame. 
 8 “Ke nenye nyee wònye la, 
anye ne maɖe kuku na Mawu 
atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume. 
 9 Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o 
eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o. 
 10 Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, 
eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe. 
 11 Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi 
eye wòkɔa ame siwo le nu xam la 
dana ɖe dziɖeɖi me. 
 12 Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me, 
ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o. 
 13 Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me 
eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae. 
 14 Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me 
eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene. 
 15 Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me 
eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me. 
 16 Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si 
eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu. 
 17 “Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo 
eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o. 
 18 Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, 
ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ. 
 19 Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me 
eye le adrelia me la, 
vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o. 
 20 Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la, 
aɖe wò le yi ƒe asi me. 
 21 Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me, 
eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o. 
 22 Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm 
eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o. 
 23 Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu 
eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me. 
 24 Ànyae be wò agbadɔ le dedie 
eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, 
àkpɔe be ɖeke mebu o. 
 25 Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ 
eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe 
gbe mumu le anyigba dzi ene. 
 26 Ànɔ agbe wòade edeƒe, 
ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye 
woxa hebla le nuŋeɣi ene. 
 27 “Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe. 
Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”