6
Hiob ƒe Ŋuɖoɖo 
 1 Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be, 
 2 “Ne ɖe woada nye vevesese 
eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe! 
 3 Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, 
eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o. 
 4 Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, 
nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. 
Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye. 
 5 Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ 
alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua? 
 6 Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee 
alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa? 
 7 Megbe be nyemaɖui o, 
nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ. 
 8 “O, ne ɖe woana nu si mebia lam, 
ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam, 
 9 ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu 
eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe! 
 10 Ekema esia aganye akɔfafa nam ko 
kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, 
nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o. 
 11 “Ŋusẽ kae gale asinye 
be maganɔ mɔ kpɔm? 
Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi? 
 12 Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? 
Akɔblie nye nye ŋutilãa? 
 13 Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, 
esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea? 
 14 “Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe 
ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu 
togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã. 
 15 Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o 
elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene 
alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana, 
 16 ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, 
ne sno si dza ɖe edzi la lolo 
hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi 
 17 gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo 
eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene. 
 18 Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba 
eye wokuna ɖe mɔ dzi. 
 19 Asiha siwo tso Tema la le tsi dim, 
asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm. 
 20 Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi 
gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu. 
 21 Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, 
miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃. 
 22 Ɖe megblɔ kpɔ be, 
‘Mina nane ɖe nunye, 
mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me, 
 23 miɖem le ketɔ la ƒe asi me 
alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’ 
 24 “Mifia num eye mazi ɖoɖoe; 
mifia afi si meda ƒu le lam. 
 25 Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! 
Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia? 
 26 Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo 
eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la 
ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea? 
 27 Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi 
eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue. 
 28 “Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, 
ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea? 
 29 Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o 
migbugbɔ bu eŋuti 
elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me. 
 30 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia? 
Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”