Psalmo 98
Hadzidzi. 
 1 Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; 
eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ. 
 2 Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu 
le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo. 
 3 Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ 
kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, 
eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã 
kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe. 
 4 Mi anyigbawo katã, 
mido dzidzɔɣli na Yehowa, 
migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo. 
 5 Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, 
mitsɔ kasaŋku, hadzidzi, 
 6 kpẽkuku kple lãdzokuku 
kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume. 
 7 Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, 
anyigba kple edzinɔlawo katã hã. 
 8 Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, 
eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta. 
 9 Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, 
elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. 
Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me 
kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.