Psalmo 99
 1 Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, 
enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, 
anyigba neʋuʋu. 
 2 Yehowa nye gã le Zion, 
ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta. 
 3 Wonekafu wò ŋkɔ gã, 
dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe. 
 4 Fia la nye ŋusẽtɔ, 
elɔ̃a afia nyui tsotso, 
wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi, 
eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me. 
 5 Mido Yehowa, míaƒe Mawu la 
ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, 
elabena eya amea le kɔkɔe. 
 6 Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; 
Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; 
woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo. 
 7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, 
eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi. 
 8 O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; 
togbɔ be èhe to na wo 
le woƒe nu tovowo ta hã la, 
ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel. 
 9 Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi, 
eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi, 
elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.