Psalmo 121
Mɔzɔha. 
 1 Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, 
afi ka nye xɔname atso ava? 
 2 Nye xɔname atso Yehowa, 
ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ. 
 3 Mana wò afɔ naɖiɖi o, 
eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o. 
 4 Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, 
madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o. 
 5 Yehowae nye tawòkpɔla, 
Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime 
 6 eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, 
alo ɣleti le zã me o. 
 7 Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, 
eye wòakpɔ wò agbe ta. 
 8 Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, 
fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.