Psalmo 122
David ƒe mɔzɔha. 
 1 Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, 
“Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.” 
 2 O! Yerusalem, 
míaƒe afɔwo le wò agbowo nu. 
 3 Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe 
wo nɔewo nu ene. 
 4 Afi ma to vovovoawo yina, 
Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, 
le ɖoɖo si wòna Israel nu. 
 5 Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, 
David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo. 
 6 Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, 
“Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie. 
 7 Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me 
kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.” 
 8 Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, 
“Ŋutifafa nenɔ mewò.” 
 9 Le Yehowa, 
míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.