Psalmo 125
Mɔzɔha. 
 1 Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la 
le abe Zion to si meʋãna o, 
eye wònɔa anyi ɖikaa la ene. 
 2 Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, 
nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, 
tso fifia yi ɖe mavɔ me. 
 3 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si 
woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, 
ne menye nenema o la, 
ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii. 
 4 O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, 
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka. 
 5 Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, 
Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. 
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.