Psalmo 124
David ƒe mɔzɔha. 
 1 Ne menye Yehowae le mía dzi o la, 
Israel negblɔ be, 
 2 “Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, 
esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, 
 3 eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, 
anye ne womi mí agbagbee, 
 4 anye ne tsi ɖe mí 
hesi to mía dzi, 
 5 anye ne tɔ dzeagbowo 
kplɔ mí dzoe.” 
 6 Woakafu Yehowa, 
ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o. 
 7 Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; 
mɔka la tso, eye míesi dzo. 
 8 Míaƒe xɔname le Yehowa, 
dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.