Psalmo 127
Solomo ƒe mɔzɔha. 
 1 Ne Yehowa metu xɔ o la, 
etulawo le agbagba dzem dzodzro. 
Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, 
dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ. 
 2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, 
henɔa agbagba dzem 
le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, 
ke ame siwo wòlɔ̃na la, 
enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme. 
 3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, 
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ. 
 4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, 
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene. 
 5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. 
Ŋu makpe wo o, 
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.