Psalmo 128
Mɔzɔha. 
 1 Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, 
ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi. 
 2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, 
eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome. 
 3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; 
viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. 
 4 Kpɔ ɖa, aleae woyraa 
ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae. 
 5 Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, 
eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze. 
 6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. 
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.