Psalmo 129
Mɔzɔha. 
 1 Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke. 
Israel negblɔ be, 
 2 “Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, 
gake womeɖu dzinye o. 
 3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, 
eye woɖe boliƒowo wodidi, 
 4 gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, 
etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.” 
 5 Na be ame siwo katã tsri Zion la, 
nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. 
 6 Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, 
gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge. 
 7 Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, 
alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o. 
 8 Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, 
“Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; 
míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.