Psalmo 149
 1 Mikafu Yehowa. 
Midzi ha yeye na Yehowa, 
midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me. 
 2 Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, 
Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu. 
 3 Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, 
eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku. 
 4 Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, 
eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo. 
 5 Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, 
eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi. 
 6 Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, 
eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me, 
 7 ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, 
eye woatsɔe ahe toe na amewo, 
 8 ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, 
eye woade kunyowu woƒe bubumewo, 
 9 ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. 
Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. 
Mikafu Yehowa.