Psalmo 150
 1 Miakafu Yehowa. 
Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. 
Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. 
 2 Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. 
Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. 
 3 Mitsɔ kpẽkuku kafui. 
Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. 
 4 Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. 
Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. 
 5 Mikafui kple ayawagba eve 
siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. 
Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve 
siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. 
 6 Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. 
Mikafu Yehowa!