Psalmo 123
Mɔzɔha. 
 1 Mewu mo dzi na wò, 
wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo. 
 2 Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu 
kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, 
nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la 
ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí. 
 3 O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, 
O! Kpɔ míaƒe nublanui, 
elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi. 
 4 Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, 
eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo 
ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.